06/03/2025
ŊUTINYA - HEM MAHEWÒ: Kpeŋukula aɖé gblɔ be: "Ketatɔwo mikpɔ nye ŋkume ɖa, hɔhɔ̃lĩahɔ, migakpɔe ake, hɔhɔ̃liahɔ." Aƒetɔ Kofitse kple Dzatugbui nye srɔ̃tɔwo, gake woame eve la ganɔ nuxa tom le wonɔewo gbɔ. Gbeɖeka Aƒetɔ Kofitse klã srɔ̃a be yeyi dɔme ŋudikanyã. Ke le manyamanya me na srɔ̃a Dzatugbui la, Kofitse yiɖe ahasigbe le Amegã Kɔkugã Adzobli, amesi nye gbadagba alo sodza la srɔ̃ Akɔfa gbɔ.
Kofitse ƒohɔ na Akɔfa eye wò ʋuhɔa nɛ. Esi Kofitse geɖe xɔame la, Akɔfa do dzidzɔ ɖe eŋu. Enumake wodze vivi sese dem lãme na wonɔ̃ewo madzudzɔ madzudzɔe. Medidi o hafi ʋɔƒoƒo ɖi. Kɔkugã Adzobli, Akɔfa srɔ̃, amesi zɔmɔ la ɖegbe be Akɔfa srɔ̃nye lɔlɔ̃tɔ nyé ʋuʋɔ nam. Vɔvɔ̃ le ahasitɔ eviawo, eye wodzo nyanyãnya. Ke hafi Akɔfa naʋu ʋɔa la, ena be Kofitse geɖe wòƒe abati gɔme. Akɔfa ʋuʋɔa eye wòkpla asi kɔna srɔ̃a, eye wo gbugbɔnu na wo nɔewo le lɔlɔ̃ me.
Wolɔ̃ gbe, eye Kɔkugã bia megbea tase. Akɔfa gblɔnɛ be yefɔ̃, eye aƒeame hã le nyuie. Ke le ɣeyiɣi siawo me la Akɔfa tsi mavomavo. Srɔ̃a kpɔe dzesi, eye wo biae be nane le ewɔm hã, ke Akɔfa gblɔne be, yele nyuie. Le ɣeyiɣi ʋé aɖewo megbe la, Kɔkugã tsɔ ga na Akɔfa be woa yi asime aƒle nudonui kple detsiƒonu aɖewo, aƒo detsi, eye yewoa to fufu ami. Akɔfa lɔ̃ eye wo yi asiame, ke Aƒetɔ Kofitse ganɔ abatia te.
Nyateƒe, esi Akɔfa yina asiame la, etsi mavomavo. Esi Akɔfa yi asiame, medidi o, Kɔkugã tsɔ eƒe nuƒomɔ, eye wòyɔ ameaɖe gblɔ nɛ be yegbɔ, eyata neva fifi lá. Mexɔ ɣeyiɣi aɖeke o, aƒenɔ aɖe geɖe xɔame; ke eƒe afɔ ko Kofitse kpɔ. Kɔkugã kple aƒenɔa wodo dzidzɔ ɖe wonɔewo ŋu, eye wolɔ̃ gbe. Medidi o, Kofitse se be wonɔ nugbugbɔm na wonɔewo, eye nyɔnua nɔ nukom krikri.😃😃
Sēla, wo ɖenu le wonɔewo ŋu. Ke hafi woadze abadzi la, hɔƒoƒo ɖi. Kɔkugã xɔgbe le amea nu ziɖeka be, wò amekae? Akɔfa amesi ƒohɔa gblɔ be, nye Akɔfae, srɔ̃nye lɔlɔ̃tɔe. Kɔkugã ƒe tame blukɔtɔ, ke egblɔna aƒenɔ la be: "geɖe abatia te kaba hafi maʋu hɔa". Aƒenɔ la geɖe abati la te. Kasia Kofitse nakpɔ, srɔ̃a Dzatugbui enye esi. Le vɔvɔ̃ ta ɖeko woame evea nɔŋeŋem ɖe dɔme, henɔ ŋkusi ƒlem. Ke le mavomavo ta Kɔkugã bia Akɔfa be nukaedzɔ, ɖe wògbɔ tso asiame xoxos? Ke Akɔfa ɖeko wògblɔ be yeŋlɔ nane be, eye wòwɔ abe nene dim wò le ene.
Kofitse kple Dzatugbui woƒle ŋkusia ʋú eye woƒe ŋeŋea dedzi. Kɔkugã se ŋeŋea, eye Akɔfa hã nɔ esem, gake ameaɖeke menya alesi woa biagbe nɔvia o. Ke ɖeɖi te Dzatugbui ŋu le abatia te, eye wò doɣli be, me nyeɖekae dzeagɔ o, mikatãe! Edo le abatia gɔme, eye Kofitse hã do kplɔe ɖo. Nyateƒe, esia zuko abe; fiafiwo fi wonɔewo ƒe nyã. Ke nusi vadzɔ le emegbe la, vazu hem mahewò ƒe nyã.😃😃.
̃
🇬🇭 🇹🇬 🇧🇯 🇳🇬 💌
Copyright: This is EGMmedia publication by Moses A. Katamani. The attached picture is the only AI assisted, the story is originally by the author. Thanks.